Matthew 19:1-12

Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti

(Marko 10:1-12)

1Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea. 2Ameha gã aɖe kplɔe ɖo eye wòda gbe le woƒe dɔnɔ geɖewo ŋu. 3Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?”

4Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo atsu kple asii o mahã? 5eya ta ŋutsu nagblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. 6Le esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka. Eya ta nu si ke Mawu bla la amegbetɔ aɖeke nagama eme o.”

7Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a eye wòagbee, mahã?”

8Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo elabena miaƒe dzime sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o. 9Eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o ke boŋ le susu bubu aɖe ta eye woyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, wɔ ahasi.”

10Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la anyo wu be ame ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”

11Yesu gblɔ na wo bena, “Menye ame sia ame ase nya sia gɔme o. Negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko. 12Elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme, ame bubuwo la ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”

Copyright information for EweBEE